Galatians 1

1Paulo, apostolo, si metso amewo gbɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi wòto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu Fofo, si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi, 2kple nɔvi siwo li kpli la, ŋlɔ ɖo ɖe hame siwo le Galatia. 3Ŋutifafa kple yayra woana mi tso Mawu, Fofo la, kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ. 4Yesu Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu mía Fofo la ɖoe ene eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia si me míele la me. 5Bubu woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

Nyanyui bubu aɖeke megali o

6Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo dzi la me gbɔ. Miekplɔ “Nyanyui” bubu si makplɔ mi ayi dziƒo o la ɖo. 7Elabena nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzeaŋe Kristo ƒe nyateƒe la eye wotrɔnɛ la, le mia flum.

8Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si fiaa nyanyui bubu aɖe si dzi woato akpɔ xɔxɔ, eye wòto vovo tso esi míefia mi gbɔ la dzi. Neva nye ŋutɔ gɔ̃ hã dzi. Ẽ, ne mawudɔla aɖe tso dziƒo va gblɔ nya bubu aɖe la, fiƒode mavɔ neva edzi. 9Magagblɔe ake; ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.

10Miate ŋu akpɔe be nyemele agbagba dzem be madze mia ŋu kple nya viviwo kpakple amebeble o. Gbeɖe, mele agbagba dzem be madze Mawu ŋu. Nenye ɖe medzea agbagba be madze amegbetɔwo ŋu la, anye ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.

Mawu yɔ Paulo

11Xɔ̃nye lɔlɔãwo, mele atam kam na mi bena wometu dziƒomɔ si mefiana la ɖe amegbetɔ aɖeke ƒe susu alo drɔ̃ekuku dzi o. 12Elabena nye nya metso ame aɖeke gbɔ wu Kristo ŋutɔ gbɔ o; Kristo ŋutɔe gblɔ nya si megblɔ la nam. Ame bubu aɖeke megblɔe nam o.

13Mienya ale si menɔ esi medze Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti kristotɔwo yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Mehea wo yia ʋɔnui eye mewɔ nu sia nu si mate ŋui la be maɖe wo katã ɖa. 14Menye Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu wu ame bubuwo la dometɔ ɖeka le nye hatiwo dome le anyigba blibo la dzi eye medze agbagba ɖe sia ɖe si mate ŋui la be mawɔ se xoxo siwo katã ku ɖe nye subɔsubɔ ŋu la dzi.

15Ke nya aɖe va dzɔ! Elabena hafi woadzim gɔ̃ hã la, Mawu tiam be manye ye tɔ, eye wòyɔm. O, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kae nye esia! 16Eyɔm be maɖe Via si le menye la afia ale be mate ŋu ayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ eye magblɔ nyanyui la tso Yesu ŋu na wo.

Esi nu siawo katã dzɔ ɖe dzinye la, nyemetso enumake be maƒo nu tso eŋu kple ame aɖeke o.
17Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la ɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o. Ao! Meyi Arabia ƒe gbegbewo eye metrɔ va Damasko. 18Ƒe etɔ̃ va yi hafi mede Yerusalem be makpɔ Petro ɖa eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.

19Apostolo bubu ɖeka si ko mekpɔ lae, nye Yakobo, míaƒe Aƒetɔ la nɔvi. 20Milé to ɖe nya si mele gbɔgblɔm na mi la ŋu elabena mele egblɔm na mi le Mawu ŋutɔ ƒe ŋkume. Nusiae nye nu si tututue dzɔ. Nyemele alakpa dam na mi o. 21Le esia megbe la meyi Siria kple Kilikia. 22Va se ɖe ɣemaɣi me gɔ̃ hã la, kristotɔ siwo nɔ Yudea la mekpɔm kpɔ o. 23Nu si wonya koe nye nu si amewo nɔ gbɔgblɔm be, “Míaƒe futɔ xoxo la le gbeƒã ɖem xɔse si me eya ŋutɔ dze agbagba tsã be yeagblẽ la azɔ.” 24Eye wotsɔ bubu na Mawu le tanye.

Copyright information for EweBEE